Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 127 - Agbenya La


Psalmo 127
Solomo ƒe mɔzɔha.

1 Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.

2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme.

3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.

4 Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la, le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene.

5 Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu. Ŋu makpe wo o, ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan