Psalmowo 126 - Agbenya LaPsalmo 126 Mɔzɔha. 1 Esi Yehowa kplɔ aboyomeyilawo gbɔe va Zion la, míenɔ abe drɔ̃ekulawo ene. 2 Nukoko yɔ míaƒe nu me fũu, eye dzidzɔhawo yɔ míaƒe aɖewo dzi. Tete wogblɔ le dukɔwo dome be, “Yehowa wɔ nu gã na wo ameawo.” 3 Nyateƒee, Yehowa wɔ nu gãwo na mí, eya ta dzidzɔ yɔ mía me. 4 O! Yehowa, gaɖo míaƒe nunyonamewo te, abe tɔʋu si le Gbegbe ene. 5 Ame siwo ƒã nu kple aɖatsi la, axa nu kple dzidzɔhawo. 6 Ame si do go le nukuwo ƒãm kple aɖatsi la atrɔ agbɔ kple dzidzɔhawo, atsɔ lu bablawo agbɔe. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.