Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 125 - Agbenya La


Psalmo 125
Mɔzɔha.

1 Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.

2 Abe ale si towo ƒo xlã Yerusalem ene la, nenema Yehowa ƒo xlã eƒe dukɔ lae, tso fifia yi ɖe mavɔ me.

3 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe fiatikplɔ manɔ anyigba si woka na ame dzɔdzɔewo la dzi o, ne menye nenema o la, ame dzɔdzɔewo ava tsɔ woƒe asi awɔ nu vɔ̃ɖii.

4 O! Yehowa, wɔ nyui na nu nyui wɔlawo, ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka.

5 Ke ame siwo trɔ ɖe mɔ gɔglɔ̃ dzi la, Yehowa atsɔ wo aƒu gbe, kpe ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo ŋu. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan