Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 124 - Agbenya La


Psalmo 124
David ƒe mɔzɔha.

1 Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be,

2 “Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,

3 eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee,

4 anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi,

5 anye ne tɔ dzeagbowo kplɔ mí dzoe.”

6 Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.

7 Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo.

8 Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan