Psalmowo 123 - Agbenya LaPsalmo 123 Mɔzɔha. 1 Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo. 2 Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la, nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí. 3 O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi. 4 Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.