Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 122 - Agbenya La


Psalmo 122
David ƒe mɔzɔha.

1 Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”

2 O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.

3 Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene.

4 Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu.

5 Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo.

6 Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie.

7 Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.”

8 Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.”

9 Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan