Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 12 - Agbenya La


Psalmo 12
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe seminit ŋu.

1 Xɔ nam, Yehowa elabena, mawuvɔ̃lawo megali o, eye nuteƒewɔlawo bu le amegbetɔwo dome.

2 Ame sia ame kaa aʋatso na ehavi, eye wovivia nu me, elabena woƒe nuyiwo blea ame.

3 Yehowa nelã beblenuyiwo katã kple aɖe siwo doa wo ɖokui ɖe dzi

4 hegblɔna be, “Míaɖu dzi kple míaƒe aɖewo, míaƒe nuyiwo nye mía tɔ, ame kae aɖu amegã ɖe mía dzi?”

5 Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”

6 Kpɔtsɔtsɔ mele Yehowa ƒe nyawo ŋuti o, wole abe klosalo si wololo le anyikpo me, eye wòdza zi gbɔ zi adre la ene.

7 Ame vɔ̃ɖiwo zɔna le ablɔɖe me, eye wodea bubu yakanuwɔwɔwo ŋu le amegbetɔwo dome.

8 O! Yehowa, àna míanɔ dedie, eye àdzɔ mía ŋu tso ame siawo tɔgbi ƒe asi me tegbetegbe.

Agbenya La™

Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.

Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.

Ewe Contemporary Scriptures™

Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.

Used with permission. All rights reserved worldwide.

Biblica, Inc.
Lean sinn:



Sanasan