Psalmowo 110 - Agbenya LaPsalmo 110 David ƒe ha. 1 Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.” 2 Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome. 3 Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu. 4 Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.” 5 Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi. 6 Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi. 7 Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me, eya ta afɔ eƒe ta dzi. |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.