Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -


Filipitɔwo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋusẽdodo hena ɖekawɔwɔ, dzidzɔ le Aƒetɔ la me, gbedodoɖa kple nu nyui wɔwɔ vovovowo.

1 Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!

2 Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintixe, bena woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.

3 Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.

4 Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!

5 Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo.

6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.

7 Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.

8 Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!

9 Nusiwo hã miesrɔ̃, eye miexɔ, eye miese, eye miekpɔ le gbɔnye la, nusiawo ke miwɔ, eye ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli mi.


Apostolo la da akpe na Filipitɔwo le dɔmenyonunana, si woɖo ɖee la ŋuti.

10 Ke mekpɔ dzidzɔ geɖe le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagakpɔ ŋusẽ yeye hesusu nusi nyo nam, nusi ŋuti miesusu hã, ke ɣeyiɣi la sesẽ na mi.

11 Menye ɖe megblɔ esia le hiahiã ŋuti o; elabena nye la mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye.

12 Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye de anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la nasrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã, makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã.

13 Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.

14 Gake la miewɔe nyuie be, miexɔ nam le nye xaxa me.

15 Ke, mi Filipitɔwo hã, mienyae bena, le nyanyuie la ƒe gɔmedzedzea me, esi medzo le Makedonia la, hamea ɖeke mekpe de ŋunye le nunana kple nuxɔxɔ ƒe akɔnta gome o, negbe miawo ɖeɖekoe,

16 eye esime menɔ Tesalonika gɔ̃ hã la, miedo nusi wo hiãm la ɖem zi ɖeka kple zi eve.

17 Menye be, mele nane dim o, ke boŋ mele didim bena, kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi na miaƒe akɔnta.

18 Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.

19 Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.

20 Ke Mawu, mia Fofo la tɔ nanye kafukafu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Agbalẽ la ƒe nuwuwu-kple yayradinamenyawo.

21 Miɖuɖɔ ame kɔkɔewo katã nam ƒã le Kristo Yesu me! Nɔvi, siwo le gbɔnye la, ɖuɖɔ mi ƒã.

22 Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.

23 Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Amen.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Follow us:



Advertisements