Filipitɔwo INTRO1 - Agbenya LaŊgɔdonya Paulo ŋlɔ agbalẽ sia na kristotɔ siwo nɔ Filipi si nye hame gbãtɔ si Paulo ɖo ɖe Europa la. Filipi nye asidu xɔŋkɔ aɖe le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te. Afi siae wolée le hede gaxɔ me. Eŋlɔ agbalẽ sia esi wònɔ gaxɔ me. Le ɣe ma ɣi me la, aʋatsonufiala aɖewo va ge ɖe hamea me, eye ame aɖewo tsi tsitre ɖe Paulo ƒe nufiafia ŋu. Ke ame akpa gãtɔ xɔ Paulo ƒe nufiafia, eye wokpe ɖe eŋu hedi eƒe nuhiahiãwo nɛ le eƒe gaxɔmenɔɣi. Paulo te gbe ɖe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ si le Kristo yomedzedze me la dzi vevie. Emenyawo Ŋgɔdonya (1:1-11) Paulo na nyanya Filipitɔwo tso eɖokui ŋu (1:12-26) Agbenɔnɔ abe kristotɔ ene (1:27–2:18) Paulo ɖo Timoteo kple Epafrodito ɖe Filipitɔwo (2:19-30) Nufiafia kple ŋusẽdoamenyawo (3:1–4:9) Akpedada ɖe Filipitɔwo ƒe nunanawo ta (4:10-20) Nuwunyawo kple yayranyawo (4:21-23) |
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.
Biblica, Inc.