Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.

See the chapter Copy

Agbenya La

3 Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 4:3
28 Cross References  

Tsɔ fɔɖiɖi ƒu fɔɖiɖi dzi na wo, eye megana woade wò dzɔdzɔenyenye la gbɔ o.


Meɖe kuku, tso woƒe nuvɔ̃wo ke wo, ne menye nenem o la, ekema ɖeko natutu nye hã nye ŋkɔ ɖa le agbalẽ, si nèŋlɔ la me.


Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo,


Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Gake migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖoa to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Miɖuɖɔ Trifena kple Trifosa, siwo le agbagba dzem le Aƒetɔ me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Persis lɔlɔ̃tɔ, si dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ me la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.


Ke mele didim bena, mianyae, nɔviwo, bena nusiwo va dzo ɖe dzinye la, tra zu nyanyuie la ƒe dziyiyi nyui la boŋ,


Amesiawo gblɔnɛ tso lɔlɔ̃ me; elabena wonyae be, nyanyuie la taʋiʋli ŋuti mele afisia ɖo.


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


le miaƒe hadede, si le nyanyuie la me tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe fifi la ŋuti,


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintixe, bena woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.


abe alesi miesrɔ̃e hã le Epafra, mia hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, si nye Kristo ƒe subɔla nyateƒetɔ na mi la gbɔ ene;


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa.


Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu.


Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Follow us:

Advertisements


Advertisements