Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 4:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.

See the chapter Copy

Agbenya La

22 Ame kɔkɔe ɖe sia ɖe si le afi sia la di be mado gbe na mi na yewo, vevietɔ esiwo le dɔ wɔm le Kaisaro ƒe aƒe me.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 4:22
9 Cross References  

Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?


hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Kristo ƒe hamewo katã ɖuɖɔ mi ƒã.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kpli mi katã!


ale bena nye bablawo dze ƒã le Kristo me ɖe asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamleawo katã gbɔ,


Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã.


Hame, si wolia kpakpli mi le Babilon kple vinye Marko ɖuɖɔ mi ƒã.


ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.


Follow us:

Advertisements


Advertisements