Filipitɔwo 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye, See the chapterAgbenya La9 eye mawɔ ɖeka kplii. Azɔ la, nyemegaɖoa ŋu ɖe nye dɔ nyui wɔwɔ ŋuti alo Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ ŋuti be woaɖem o, ke boŋ meɖoa dzi ɖe Kristo ŋuti be aɖem; elabena mɔ nyuitɔ si dzi míato awɔ ɖeka kple Mawu lae nye xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Kristo ɖeka hɔ̃ɔ ko ŋu. See the chapter |
ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.