Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Gake nusiwo nye viɖe nam la, nu mawo ke mebu nu bubu le Kristo ŋuti.

See the chapter Copy

Agbenya La

7 Gake meɖe asi le nu siwo katã mebuna tsã be wonye viɖenuwo la ŋu, eye metsɔ wo katã ƒu gbe be mate ŋu atsɔ nye xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana Kristo ɖeka ko.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 3:7
20 Cross References  

Eye esi wokplɔ wo do goe vo la, wogblɔ bena: Ekpo ɖe asiwò azɔ, eyata ɖe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afia ɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!


Ke srɔ̃a nye kɔ kpɔ megbe, eye wòzu dzekɔ.


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbee; ke ame dahe mesea ŋɔdzidonyaa ɖeke o.


Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o!


nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Ke esi wòɖe eƒe awu ƒu gbe la, etso hiã va Yesu gbɔ.


Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Azɔ nenema ke mia dome amesiame, si megbe nusiwo katã le esi la o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Eye esi woɖu nu ɖi ƒo la, wotsɔ nuɖuɖuawo ƒu gbe ɖe ƒu me, bena ʋua nazu wodzoe.


eye wobu ŋukpe, si wodo Kristo la, kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.


Follow us:

Advertisements


Advertisements