Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.

See the chapter Copy

Agbenya La

3 elabena mí ame siwo subɔna le Mawu ƒe gbɔgbɔ me lae nye aʋatsotso nyuitɔ, ame siwo kpɔa dzidzɔ le Kristo Yesu me, eye womeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋu o,

See the chapter Copy




Filipitɔwo 3:3
32 Cross References  

Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu; amesiwo katã dia Yehowa la, ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ!


Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.


Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Elabena nye ɖaseɖilae nye Mawu, si mesubɔna le nye gbɔgbɔ me le Via ƒe nyanyuie la me, alesi nyemedzudzɔa ŋkuɖoɖo mia dzi o,


Eyata nye adegbeƒoƒo, si le asinye la, ele Kristo Yesu me le Mawu ƒe do ŋuti.


ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.


Ke mele nenem bena, Mawu ƒe nya zu dzodzro o. Elabena menye amesiwo katã tso Israel me la, wonye Israeltɔwo o;


Esi ame geɖe ƒoa adegbe le ŋutilã nu ŋuti la, nye hã maƒo adegbe.


Ke ne mienɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le Gbɔgbɔ me hã.


Eye ame alesinu zɔna ɖe mɔ sia nu teƒeteƒe la: Ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ ava wo amesiwo nye Mawu ƒe Israel la dzi!


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.


Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.


amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me,


Ke, mi hiãtɔwo la, mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me,


Follow us:

Advertisements


Advertisements