Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 3:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.

See the chapter Copy

Agbenya La

21 ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 3:21
18 Cross References  

Míatu sikakɔsɔkɔsɔ kple klosalokpeviwo na wò.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Wò ame kukuwo agbɔ agbe, eye nye ame kukuwo afɔ ɖe tsitre! Minyɔ, mi ketu me tɔwo, eye mitso aseye, elabena miaƒe zãmu enye kekeli ƒe zãmu, eye anyigba aɖe ŋɔliwo ana.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


Eye Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!


Follow us:

Advertisements


Advertisements