Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Gake nusi dzi miesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe mo ma ke nu, eye míaƒe tamesusu nana ɖeka.

See the chapter Copy

Agbenya La

16 Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 3:16
14 Cross References  

Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ.


Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu,


Mieƒu du nyuie! Ameka xe mo na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa?


Eye ame alesinu zɔna ɖe mɔ sia nu teƒeteƒe la: Ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ ava wo amesiwo nye Mawu ƒe Israel la dzi!


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


ekema miyɔ nye dzidzɔ la fũ, bene miaƒe tamesusu nana ɖeka, le esi lɔlɔ̃ ɖeka ma ke le mia si, eye mietsɔa gbɔgbɔ ɖeka susua nu ɖeka la ŋuti,


Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintixe, bena woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.


Azɔ abe alesi míexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me,


Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada,


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Follow us:

Advertisements


Advertisements