Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.
Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.
Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“
abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.
eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.
Azɔ esi Kristo kpe fu ɖe mia ta le ŋutilã me ŋuti la, miawo hã mikpla tamesusu ma ke abe aʋawɔnuwo ene; elabena amesi kpe fu le ŋutilã me la, edzudzɔ nuvɔ̃wɔwɔ,