Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 amesiame nagakpɔ nusi nye ye ŋutɔ to dzi o, ke boŋ nekpɔ nusi nye ame bubu to la hã dzi!

See the chapter Copy

Agbenya La

4 Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 2:4
15 Cross References  

Tete Mardoxai se nya la, eye wògblɔe na fiasrɔ̃ Ester, eye Ester gblɔe na fia la le Mardoxai ƒe ŋkɔ me.


Tete Mose gblɔ na Gad-viwo kple Ruben-viwo bena: A, mia nɔviwo le aʋa yi ge, eye miawo miedi be, miatsi afisia?


ke amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe ko nɛ, eye woatsɔe aɖa ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.


Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Amea ɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu ta la boŋ.


Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa?


Miena nuɖiaɖiaa ɖeke le naneke me o, bene womagaka mo na míaƒe subɔsubɔ la o,


elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o.


Ne miewu fiasedede la nu le ŋɔŋlɔ la nu be: „Nalɔ̃ hawòvi, abe alesi nèlɔa ɖokuiwò ene la,“ ekema miewɔe nyuie.


Follow us:

Advertisements


Advertisements