Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 2:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.

See the chapter Copy

Agbenya La

30 elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 2:30
15 Cross References  

Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe;


Elabena ele be, nu gbegblẽ sia nado magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia nado makumaku.


Ke ne Timoteo va la, mikpɔ nyuie, bena wòagavɔ̃ le mia gbɔ o, elabena ewɔa Aƒetɔ la ƒe dɔ la abe nye ke ene.


Mekpɔ dzidzɔ le Stefano, Fortunato kple Axaiko ƒe vava la ŋuti; elabena esi mieli kplim o la, amesiawoe xɔ ɖe mia teƒe.


Ke nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ nu, eye mana woagblẽ nye ŋutɔ le míaƒe luʋɔwo ta, geɖe alesi melɔ̃a mi la, ʋee wu miawo la mielɔ̃am.


Eyata ku la sẽa ŋu le mia me: ke agbe la le mia me.


Ke ne wotsɔm mè le miaƒe xɔse ƒe vɔsasa kple subɔsubɔdɔ ta hã la, dzi le dzɔyem, eye mía kpli mi katã míele dzidzo kpɔm.


Eye elé dɔ vavã de kuku ge kloe; gake la Mawu kpɔ nublanui nɛ, ke menye na eya ŋutɔ ɖeɖekoe o, hafi na nye hã, bene nyemagakpɔ nuxaxa ɖe nuxaxa dzi o.


Ke mekpɔ dzidzɔ geɖe le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagakpɔ ŋusẽ yeye hesusu nusi nyo nam, nusi ŋuti miesusu hã, ke ɣeyiɣi la sesẽ na mi.


Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.


amesi medi be, wòanɔ gbɔnye, bena wòasubɔm de tewòƒe le nyanyuie ƒe bablawo me hafi;


Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.


Follow us:

Advertisements


Advertisements