Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me,

See the chapter Copy

Agbenya La

10 Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame, adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,

See the chapter Copy




Filipitɔwo 2:10
17 Cross References  

Emegbe la ena wòɖo tasiaɖam evelia, si kplɔ fia tɔ ɖo la, eye kpodolawo le eŋgɔ le gbɔgblɔm bena: Midze klo, midze klo! Ale wòɖoe Egipte-nyigba la katã nu.


Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me!


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodze klo ɖe eƒe ŋku me, ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia!


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Ke nya ka Mawu ɖo ŋu nɛ mahã? „Mesusɔ ŋutsu akpe adre, siwo medze klo na Baal o la ɖi na ɖokuinye.“


hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe nuɖoanyi, bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la;


Eyata medzea nye klo na mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,


Ke esi wòyi dzi la, nukae, negbe ɖeko bena wòyi anyi me ɖe anyigba ƒe nutowo me hã hafi?


Ke ne egakplɔ ŋgɔgbevi la va xexeame la, egblɔ bena: „Eye Mawu ƒe dɔlawo katã woade ta agu ne.“


Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.


ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:


Eye amea ɖeke menɔ dziƒo alo anyigba dzi alo anyigba te, si te ŋu ʋu agbalẽ la alo te ŋu kpɔ eme hã o.


Follow us:

Advertisements


Advertisements