Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 elabena ʋiʋli ma ke, si miekpɔ le ŋunye, eye azɔ miesenɛ le ŋutinye la, le miawo hã mia si.

See the chapter Copy

Agbenya La

30 Mí katãe le avu sia wɔm ɖekae. Miekpɔ ale si mekpe fu ɖe eta va yi, eye fifia hã megale avu sesẽ aɖe wɔm abe ale si mienya nyuie ene.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:30
21 Cross References  

Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


ale bena nye bablawo dze ƒã le Kristo me ɖe asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamleawo katã gbɔ,


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Elabena mele didim be, mianya alesi meʋlina ŋutɔ le mia kple amesiwo le Laodikea kpakple ame alesi nu mekpɔ ŋkunye me le ŋutilã me o la ta,


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.


Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.


Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;


Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me.


Follow us:

Advertisements


Advertisements