Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 bena miaƒe adegbeƒoƒo la nasɔ gbɔ ɖe dzi le Kristo Yesu me le tanye to esia me, bena magava mia gbɔ.

See the chapter Copy

Agbenya La

26 Nye agbenɔnɔ ado dzidzɔ na mi, eye wòana mɔnukpɔkpɔ mi be miakafu Yesu Kristo le ale si wòna megale agbe la ta, ne megava mia gbɔ.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:26
14 Cross References  

Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!


Azɔ miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi, eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, amea ɖeke maxɔe le mia si o.


Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.


abe alesi miedze si mí afã kple afã bena, míenye miaƒe adegbeƒoƒo, abe alesi miawo hã míenye mia to le mia Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkekea dzi la ene.


Miegale mía ɖokui kafum na mi o; ke miana asinukpɔkpɔ mi, nena míate ŋu aƒo adegbe le mia ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti.


Elabena ne meƒo adegbe le nane me le mia ŋuti le eƒe ŋku me la, mezu ŋukpe nam o, hafi alesi miegblɔ nuwo katã na mi le nyateƒe mee la, nenema ke míaƒe adegbe, si míeƒo le Tito ƒe ŋku me la, hã zu nyateƒe.


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


Ke Mawu, amesi fa akɔ na ame bɔbɔɖeanyiwo la, fa akɔ na mí le Tito ƒe vava la me.


Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋuta ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.


Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me! Nye la metim bena, maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o; ke miawo la ena kakaɖedzi mi.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Ke mekpɔ dzidzɔ geɖe le Aƒetɔ la me bena, azɔ la miagakpɔ ŋusẽ yeye hesusu nusi nyo nam, nusi ŋuti miesusu hã, ke ɣeyiɣi la sesẽ na mi.


Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!


Follow us:

Advertisements


Advertisements