Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo, eye menyae bena, manɔ anyi, eye mía kpli mi katã míanɔ anyi hena miaƒe xɔse ƒe ŋgɔgbedede nyui kple dzidzɔ,

See the chapter Copy

Agbenya La

25 Ɛ̃, ele eme be nye dɔwɔwɔ gahiã le agbe sia me, eya ta meka ɖe edzi be maganɔ agbe vie be makpe ɖe mia ŋuti miatsi ɖe edzi le xɔse me, eye miakpɔ dzidzɔ.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:25
17 Cross References  

Ena aflaga amesiwo vɔ̃a wò, ne woafɔ wo ɖokui de tsitre le nyateƒe la ta. Sela.


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Esi amesia va, eye wòkpɔ Mawu ƒe amenuvevea la, edzɔ dzi, eye wòde dzi ƒo na wo katã bena, woanɔ Aƒetɔ la gbɔ kple woƒe dzimeɖoɖo.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Eye azɔ, kpɔ ɖa, menyae bena, mi amesiwo katã dome mete hele gbe ƒã dem mawufiaɖuƒea la, miegale nye ŋku me kpɔ ge akpɔ o.


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Elabena nyemado dzi agblɔ nyaa ɖeke o, negbe nusiwo Kristo wo to dzinye hena trɔ̃subɔlawo ƒe toɖoɖo le nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me,


Ke menyae bena, ne meva mia gbɔ la, mava kple Kristo ƒe yayra ƒe agbɔsɔsɔ blibo la.


amesi me miekpɔe mɔnu hã le le xɔse me heyina ɖe amenuveve sia gbɔ, si me míetsia tre ɖo la, eye mieƒoa adegbe le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋuti.


menye bena, mieɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.


gake la anyinɔnɔ le ŋutilã me la ele vevie wu le mia ta.


ke meɖo dzi ɖe Aƒetɔ la ŋu bena, nye ŋutɔ hã mava kpuie.


Ke dzra dzeƒe ɖo ɖi na nye hã; elabena mele mɔ kpɔm bena, to miaƒe gbedodoɖawo me la woatsɔm ake mi.


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Follow us:

Advertisements


Advertisements