Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 elabena menyae bena, esia atrɔ zu agbexɔxɔ nam to miaƒe kukuɖeɖe kple Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu me,

See the chapter Copy

Agbenya La

19 Manɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, elabena menya be zi ale si miele gbe dom ɖa ɖe tanye, eye Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la hã le kpekpem ɖe ŋunye la, esiawo katã ahe nyui vɛ nam, eye woawɔe be woaɖe asi le ŋutinye le gaxɔ me.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:19
11 Cross References  

eye esi wova Misia-nutowo me la, wote Bitinia-yiyi kpɔ; gake Yesu ƒe Gbɔgbɔ la meɖe mɔ na wo o;


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o.


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Esi miawo hã míetsɔa miaƒe kukuɖeɖe kpena ɖe mía ŋuti, bene ame geɖe nada akpe le mía ta le amenuvevenunana, si ame geɖe ƒe kukuɖeɖe na wòsu mia si la ŋuti.


Azɔ la, amesi tso Gbɔgbɔ la kea mi, eye wòwɔa ŋusẽdɔwɔwɔwo le mia me la: Se la ƒe dɔwɔwɔwo mee wòto loo, alo xɔse ƒe nyagbɔgblɔfia la me wòtoa?


Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me.


Ekema nukae ma? Ne wowɔe le mo sia mɔ dzi, eɖanye le alakpa alo nyateƒe me o, nenye Kristo koe wogblɔna fiana la, dzi le dzɔyem le esia ŋuti. Ẽ, dzi agadzɔm hã;


wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.


Follow us:

Advertisements


Advertisements