Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ekema nukae ma? Ne wowɔe le mo sia mɔ dzi, eɖanye le alakpa alo nyateƒe me o, nenye Kristo koe wogblɔna fiana la, dzi le dzɔyem le esia ŋuti. Ẽ, dzi agadzɔm hã;

See the chapter Copy

Agbenya La

18 Susu ka ke nu wole mawunya la gblɔm ɖo hã la, enye nyateƒe matrɔmatrɔ be wole gbeƒã ɖem Kristo ƒe nyanyui la, eye esia ta mekpɔa dzidzɔ ɖo.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:18
13 Cross References  

Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


Ke woawo la womese nya sia gɔme o, eye wòle ɣaɣla ɖe wo bena, ne womagadze sii o, eye wova le nya sia biabia ŋuti.


Ke Yesu gblɔ ne bena: Migagbe nɛ o; elabena amesi meto vo ɖe mía ŋuti o la, eya le mía dzi.


Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te,


Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!


Azɔ la, nuka gblɔm mele? Ɖe mebena, trɔ̃ enye nu loo, alo trɔ̃ ƒe vɔsasa enye nua?


Azɔ la alekee? Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ, ke mado gbe ɖa kple tamesusu hã; madzi ha kple gbɔgbɔ, ke madzi ha kple tamesusu hã.


Azɔ la eɖanye nyee o, eɖanye ame kemewo o, nenema ke míeɖe gbe ƒã, eye nenema ke míexɔe se.


elabena menyae bena, esia atrɔ zu agbexɔxɔ nam to miaƒe kukuɖeɖe kple Yesu Kristo ƒe Gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu me,


Follow us:

Advertisements


Advertisements