Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 eye nɔviwo dome ame geɖeawo ɖo ŋu ɖe nye bablawo ŋu le Aƒetɔ la me, eye wowɔa kalẽ geɖe wu tsã le mawunyagbɔgblɔ me mavɔ̃mavɔ̃e.

See the chapter Copy

Agbenya La

14 Eye nye gamenɔnɔ na be kristotɔ siwo katã le afi sia la megavɔ̃na na gamenɔnɔ o. Ke Aƒetɔ la de dzi ƒo na wo ale gbegbe be womegavɔ̃a gbeƒãɖeɖe nyanyuie la o.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:14
16 Cross References  

Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina.


be esi wòɖe mi tso miaƒe futɔwo si me la, wòana miasubɔe kple mavɔ̃mavɔ̃


Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mia si ŋuti la, míewɔa dzideƒo geɖe ŋuti dɔ le nuƒoƒo me,


Dzideƒo geɖe lé asinye le mia ŋuti, meƒo adegbe geɖe hã le mia ŋuti, akɔfafa yɔm taŋ, megba go le dzidzɔkpɔkpɔ me le míaƒe xaxa katã me.


Eyaŋuti la mele kuku ɖem na mi bena, ɖeɖi nagate mia ŋu le nye xaxa, siwo mekpɔ le mia ta, esiwo nye bubu na mi la ŋuti o.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!


bene maɖe esia ɖe go afia, abe alesi wòdzem be, maƒo nu la ene.


Nusiwo katã va dzo ɖe dzinye la, Tixiko, nɔvi lɔlɔ̃tɔ kple subɔla nuteƒewɔla kpakple hadɔwɔla le Aƒetɔ me la, ana mianyae,


ke boŋ wònye míekpe fu, eye wodo vlo mi le Filipi tsã hafi, abe alesi mienyae ene, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyuie la fia mi le ʋiʋli geɖe me.


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Follow us:

Advertisements


Advertisements