Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 ale bena nye bablawo dze ƒã le Kristo me ɖe asrafomɔ̃ blibo la katã me kple ame mamleawo katã gbɔ,

See the chapter Copy

Agbenya La

13 Elabena ame sia ame si le gbɔnye le afi sia hekpe ɖe asrafo siwo katã le asaɖa me ŋuti la nya kɔtɛe be, susu si ta mele game ɖo koe nye be menye kristotɔ.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:13
17 Cross References  

Ke Paulo gblɔ bena: Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko.


eye esi, wote yi megbe la, wogblɔ na wo nɔewo bena, amesia mewɔ naneke, si dze ku alo bablawo o.


Eye le ŋkeke etɔ̃ megbe la eva me bena, Paulo yɔ amesiwo nye amegãwo le Yudatɔwo dome la ƒo ƒu: eye esi wova ƒo ƒu la, egblɔ na wo bena: Nɔviŋutsuwo, nye la nyemewɔ naneke ɖe dukɔ la alo ɖe mía fofowo ƒe kɔnuwɔwɔawo ŋuti, hafi wodo gatɔm tso Yerusalem hede Romatɔwo si o.


Le nya sia ta meyɔ mi vɛ, bena makpɔ mi, eye ne maƒo nu kpli mi; elabena Israel ƒe mɔkpɔkpɔ ta wòbiam kple kɔsɔkɔsɔ sia ɖo.


Ke Paulo nɔ anyi ƒe blibo eve sɔŋ le ye ŋuta ƒe xɔ, si wòɣe la me; eye wòxɔa amesiwo katã va egbɔ,


Esiaŋuti la nye Paulo, Yesu Kristo ƒe gatɔ le mi trɔ̃subɔlawo ŋuti la,


Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la


esi ŋuti menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi nado ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu ene.


elabena ʋiʋli ma ke, si miekpɔ le ŋunye, eye azɔ miesenɛ le ŋutinye la, le miawo hã mia si.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Ame kɔkɔewo katã ɖuɖɔ mi ƒã, vevietɔ amesiwo tso kaisaro ƒe me la.


nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o.


Follow us:

Advertisements


Advertisements