Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 4:8 - Agbenya La

8 Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!

See the chapter Copy




Filipitɔwo 4:8
67 Cross References  

Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo nɛ la.”


Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.


Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,


“Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” Sela


Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ.


Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua, ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.


Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ eye nenema ke nudakpe siwo katã le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ.


Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o; yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã.


Ame ka akpɔ srɔ̃nyɔnu si ƒe agbe dze ame ŋu? Exɔ asi wu adzagba.


“ ‘Nyɔnu siwo wɔa nu ɖɔʋuwo la li fũu, gake wò la, èƒo wo katã ta.’


Mitsɔ fetu si wòdze na la nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo ahe kafukafu vɛ nɛ le dua ƒe agbowo nu.”


Vivi le eƒe nu me gɔ̃ hã, eye eya amea dzeani ŋutɔ. O Yerusalem vinyɔnuwo, esiae nye nye lɔlɔ̃tɔ, esiae nye xɔ̃nye.”


Ame dzɔdzɔe ƒe mɔ dzi le zɔzrɔ̃e; O! Azɔ, wòe wɔ ame dzɔdzɔe ƒe mɔ wòzrɔ̃.


Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.


elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.


Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.


Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi.


Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe,


Ame si le nu ƒom le eɖokui si la, ele kafukafu dim na eɖokui, gake ame si le didim be yeade bubu ame si dɔe ŋuti la, enye nyateƒetɔ, alakpa aɖeke mele eme o.


Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.”


“Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ.


Eya ta nɔviwo, mitia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu, eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu, ne míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ,


Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.


Elabena kpovitɔ medoa ŋɔdzi na ame siwo le nu nyui wɔm la o, ke ame siwo le nu vɔ̃ wɔm la, woavɔ̃ kpovitɔ ɣe sia ɣi. Eya ta ne mèdi be yeanɔ vɔvɔ̃m o la, wɔ seawo dzi kpoo, ekema eme anyo na wò.


Ne miesubɔ Kristo le nu siawo me la, dzi adzɔ Mawu, eye ame bubuwo hã akpɔ dzidzɔ.


Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.


Eya ta nɔvinyewo, mikpɔ nyuie be miaganɔ nya me tsom le ame aɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, hafi Aƒetɔ la nava, be ewɔe nyuie alo mewɔe nyuie o. Ne Aƒetɔa ŋutɔ va la, eƒe kekeli gã la aklẽ ɖe ame sia ame dzi gãa, ale be nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe nye tututu le eƒe dzi me la adze nyuie. Ale ame sia ame anya taɖodzinu si tututu nɔ mía si hafi míenɔa kutri kum ɖe Aƒetɔ ƒe dɔa ŋu. Eye Mawu ŋutɔ ana kafukafu si dze la ame sia ame le ɣe ma ɣi me.


Míaƒe gbedodoɖa na Mawue nye be miagawɔ nu vɔ̃ aɖeke o. Menye be miatso afia be míefia nu nyui mi o. Gbeɖe, nenye be woɖe vodada na mí hã la, ele be miawo ya miawɔ nu nyui.


Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.


Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti.


Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye, gake míedi be amewo hã nanya esia.


Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ,


Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye.


(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),


Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta,


Ele be nàkpɔ egbɔ be wolé nya dzɔdzɔe ko ɖe te. Mɔ sia nu ko nàto hafi akpɔ dzidzedze le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.


Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me. Meɖe fu nam be maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o, elabena wonyo na miaƒe dedinɔnɔ.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Ne mienɔ agbe alea la, ame siwo menye kristotɔwo o la abu mi. Kpe ɖe esia ŋuti la, miganɔ amewo ƒe asinu kpɔm be woana ga mi be miatsɔ akpɔ mia ɖokuiwo dzii o.


ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me.


Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye ahatsunolawo kple amenyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe le nu sia nu me.


Ele vevie be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie, eye vi ɖotowo le esi.


Mègana ame aɖeke nabu wò ame gblɔe le wò ɖekakpuinyenye ta o, ke boŋ nye kpɔɖeŋu nyuitɔ na wo. Na woadze nu si nèfiana kple agbe si nènɔna la yome. Na wò lɔlɔ̃, wò xɔse kple wò susu dzadzɛwo nanye kpɔɖeŋu na wo.


Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.


Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.


Ke boŋ wòanye amedzrowɔla, ame si lɔ̃a nu nyui, ɖokuidziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla, ame si le kɔkɔe, eye wòwɔa nu ɖe ɖoɖo nu.


Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.


Fia ame tsitsiwo be woafa tu, woanye ame siwo dze na bubu, ɖokuidziɖulawo, ame siwo ƒe xɔse de blibo le lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ me.


Tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋui na wo le nu sia nu me, to nu si nyo la wɔwɔ me. Ɖe nuteƒewɔwɔ kple moveviɖoɖo fia le wò nufiafia me.


Fia míaƒe ameawo be woasrɔ̃ ale si woatsɔ wo ɖokuiwo ade nu nyui wɔwɔ me, ale be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe ƒe nuhiahiãwo, eye womanɔ agbe maɖevi o.


To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ.


Mido gbe ɖa ɖe mía ta ɣe sia ɣi. Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, eye míedina be míanɔ agbe bubutɔe ɣe sia ɣi le nu sia nu me.


Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.


Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.


Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia nye nye agbalẽ evelia na mi. Meŋlɔ agbalẽ siawo na mi be woanye ŋkuɖodzinu si ade dzo mia me be miaƒe tamesusuwo nanɔ blibo.


Vinye lɔlɔ̃awo, migana míalɔ̃ mía nɔewo kple nya, alo kple aɖe ɖeɖe ko o, ke boŋ le nuwɔnawo kple nyateƒe me.


Ame siwo katã le mɔkpɔkpɔ me alea la wɔa wo ɖokuiwo dzadzɛe abe ale si eya hã le dzadzɛe ene.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ko dzi se o, ke boŋ mido gbɔgbɔwo kpɔ be wotso Mawu gbɔ hã. Elabena aʋatsonyagbɔɖila geɖewo kaka ɖe xexea me.


Azɔ la, vinye, megavɔ̃ o. Mawɔ nya sia ƒe akpa ɖe sia ɖe ŋu dɔ, elabena ame sia ame nya be ènye ame tɔxɛ aɖe.


Follow us:

Advertisements


Advertisements