Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 4:2 - Agbenya La

2 Meɖe kuku na Ewodia, eye mele kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintixe, bena woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 4:2
12 Cross References  

Ale wòdo mɔ nɔviawo. Nya mamlɛtɔ si Yosef gblɔ na nɔviawo lae nye, “Migawɔ dzre le mɔa dzi o hee!”


Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”


Nɔviwo, mele kuku ɖem na mi le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be miadzudzɔ nyahehe vivivo le mia nɔewo dome. Mina nusɔsɔ blibo nanɔ mia me ale be mama kukluiwo nagava mia dome o. Meɖe kuku na mi be miawɔ ɖeka le susu kple ɖoɖowo wɔwɔ me.


Ke mina míanɔ agbe ɖe nu si dzi míaƒe asi su la nu.


Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo.


Midze agbagba ɖe sia ɖe be mianɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔenyenye manɔmee la, ame aɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la o.


Follow us:

Advertisements


Advertisements