Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 3:5 - Agbenya La

5 elabena wotso aʋa nam le ŋkeke enyia gbe, metso Israel dukɔ kple Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me, le sea nu la, Farisitɔ menye.

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ŋkeke enviagbe wotso aʋa nam, metso Israel dukɔ la me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me; le sea nu la farisitɔ menye;

See the chapter Copy




Filipitɔwo 3:5
16 Cross References  

Ame siwo si la dometɔ ɖeka va ka nya la ta na Abram, Hebritɔ la, esime wònɔ asaɖa me le Mamre si nye Amoritɔ la ƒe ati gãwo te. Mamre nye Eskol kple Aner, ame siwo nɔ Abram dzi la nɔvi.


Woatso aʋa na ŋutsuvi ɖe sia ɖe le gbe si gbe wodzii la ƒe ŋkeke enyia gbe. Woatso aʋa na wò kluvi siwo nèƒle kple ga alo wo ƒe viwo kple wò ŋutɔ wò dzidzimeviwo siaa. Esia nye nubabla ƒe akpa si anɔ anyi tegbee, eye wòanye dɔdeasi na wò dzidzimeviwo katã.


elabena woƒlem dzoe tso nye amewo, Hebritɔwo dome; kpe ɖe esia ŋu la, meva le gaxɔ me le afi sia le esime nyemewɔ naneke si dze na gaxɔmenɔnɔ o.”


Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí.


Yona ɖo eŋu na wo be, “Hebritɔwoe menye, eye mesubɔa Yehowa, Dziƒo Mawu la, ame si wɔ atsiaƒu kple anyigba.”


Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ,


Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.


Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo.


“Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene.


Azɔ, esi Paulo kpɔe dze sii be takpekpea me valawo ƒe akpa aɖewo nye Zadukitɔwo, eye ɖewo hã nye Farisitɔwo ŋuti la, edo ɣli gblɔ be, “Nɔvinyewo, Farisitɔ menye abe tɔgbuinyewo ke ene, eye nu si ta wohem va ʋɔnue egbe lae nye be nye hã meka ɖe edzi abe miawo ke ene be ame siwo ku la agafɔ tso ku me.”


Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋĩliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Xɔsetɔ siwo doa Grikigbe la tsɔ nya ɖe xɔsetɔ siwo doa Hebrigbe la ŋuti be ne wole gbe sia gbe nuɖuɖu nam la, sue aɖe koe wonaa ahosi siwo doa Grikgbe.


Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me.


Woƒoa adegbe be Hebritɔwo yewonye, nye hã Hebritɔ menye. Wobe Israelviwo yewonye, nye hã Israelvi menye, eye wobe Abraham ƒe dzidzimeviwoe yewonye, nye hã Abraham ƒe dzidzimevie menye.


Filistitɔwo bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la,


Follow us:

Advertisements


Advertisements