Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 2:30 - Agbenya La

30 elabena eƒe agbe ɖo xaxa gã aɖe me ɖe Kristo ƒe dɔ la ta, eye wòku kloe le esime wònɔ agbagba dzem be yeawɔ nu siwo miete ŋu wɔ nam o la, ɖe ale si miele adzɔge le gbɔnye ta.

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 2:30
15 Cross References  

Ke viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o, negbe ɖeko mewɔ eŋuti dɔ tsɔ wɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu de asi nam la. Dɔ lae nye be magblɔ nyanyui la na amewo le Mawu ƒe amenuveve gã ŋuti.


Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo.


Elabena ele be woatrɔ míaƒe anyigbadziŋutilã siwo le mía si fifia, eye woate ŋu aku la woazu dziƒoŋutilã siwo mate ŋu agblẽ o, ke boŋ woanɔ agbe tegbee.


Ne Timoteo va la, mina eƒe mo nadze anyi, elabena ele Aƒetɔ la ƒe dɔ wɔm abe nye ke ene.


Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be Stefano, Fortunatus kple Akaiko va ɖo mía gbɔ be yewoakpɔ mí ɖa. Wole kpekpeɖeŋudɔ siwo miele afi sia awɔ nam o la wɔm nam ɖe mia teƒe.


Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.


Eya ta ku le dɔ wɔm le mía me, gake agbe le dɔ wɔm le miawo me.


Eye nenye be wokɔ nye ʋu ɖi abe nunonovɔsa ene na Mawu ɖe miaƒe xɔse ta hã la, anye dzidzɔ nam, eye makpɔ dzidzɔ kpli mi.


Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòku kloe, gake Mawu kpɔ nublanui na nye kplii siaa, be metsɔ eƒe ku ƒe nuxaxa tsɔ kpe esiwo le dzinye xoxo la o.


Mekpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ la me vevie be, mlɔeba la, miegadze ŋkuɖoɖo dzinye gɔme. Le nyateƒe me la, mietsɔ ɖe le eme nam, gake ɖeko miekpɔ mɔnu be miaɖee afia o.


Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.


Medi vevie be mana wòanɔ gbɔnye le afii, le esime mele gaxɔ me le nyanyui la gbɔgblɔ ta. Wò hã àto esia me ana kpekpeɖeŋum to edzi.


Woɖu edzi to Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi me. Womelɔ̃ woƒe agbe nenema gbegbe be woayi sisi ge le ku nu o,


Follow us:

Advertisements


Advertisements