Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 2:3 - Agbenya La

3 Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi.

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;

See the chapter Copy




Filipitɔwo 2:3
24 Cross References  

Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ, ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.


Mele egblɔm na mi be nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ, elabena Mawu tso afia nɛ. Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”


Mitsɔ dadaviwo ƒe lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo, eye mide bubu mia nɔewo ŋu wu miawo ŋutɔ mia ɖokuiwo.


Mina míawɔ nu dzeame, abe ale si nyo le ŋkeke me ene; menye le aglotutu kple ahamumu, ahasiwɔwɔ kple hadzedze, alo le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.


Ke ahe to na ɖokuitɔdilawo kple ame siwo tsia tsitre ɖe eƒe nyateƒe la ŋu eye wowɔa nu vɔ̃. Mawu atrɔ eƒe dɔmedzoe akɔ ɖe wo dzi.


Elabena nyee nye apostoloawo katã dometɔ suetɔ eye le ale si mewɔ fu Mawu ƒe hamea ta la, mele be woayɔm gɔ̃ hã be apostolo hafi o.


elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.


Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome.


Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o.


Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o.


Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mifa tu. Migbɔ dzi ɖi, eye miatsɔ ake mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.


Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene.


Miwɔ nu sia nu liʋĩliʋĩlilĩ kple nyahehe manɔmee,


Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo.


gake azɔ la, ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le nu siawo katã, siwo nye: dziku, dɔmedzoe, nu to vo wɔwɔ, busunya kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋu.


Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala, eye menya naneke o. Ke ele nyahehe siwo awu nu le masɔmasɔ kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti.


Mlɔeba la, mi katã minɔ anyi kple mia nɔewo le ɖekawɔwɔ me, ame ƒe nu newɔ nublanui na mi, milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene, minyo dɔ me na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Follow us:

Advertisements


Advertisements