Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 2:10 - Agbenya La

10 Be le Yesu ƒe ŋkɔ me, ame sia ame, adze klo nɛ le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te,

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me,

See the chapter Copy




Filipitɔwo 2:10
17 Cross References  

Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!”


Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ, eye mina míadze klo ɖe Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.


elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ, eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe nuɖusime me. Wodzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe, eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.”


Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam,


Mieɖo ŋku ale si Mawu ɖo nya sia ŋu dzia? Mawu gblɔ be, “Ao, menye wò ɖeka koe susɔ o. Ame akpe adre sɔŋ le asinye kpe ɖe ŋuwò, ame siwo galɔ̃am kokoko, eye womedea ta agu na legbawo o!”


Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me.


Susu sia ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la,


(“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.


Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be, “Ele be mawudɔlawo katã nasubɔe.”


Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsiẽƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.


ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,


Gake ame aɖeke mele dziƒo, anyigba dzi loo alo anyigba te si ate ŋu aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o.


Follow us:

Advertisements


Advertisements