Biblia Todo Logo
Online Bible

- Advertisements -




Filipitɔwo 1:16 - Agbenya La

16 Ame evelia siawo wɔnɛ le lɔlɔ̃ me, elabena wonya be mele ga me le afi sia le nyanyui la ta ʋiʋli ŋuti.

See the chapter Copy

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Amesiawo gblɔnɛ tso lɔlɔ̃ me; elabena wonyae be, nyanyuie la taʋiʋli ŋuti mele afisia ɖo.

See the chapter Copy




Filipitɔwo 1:16
13 Cross References  

Nenye miawoe le tenyeƒe la, nye hã maƒo nu abe miawo ke ene, agblɔ nyatinyatiwo ɖe mia ŋu eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu.


“Ele na xɔlɔ̃wo be woakpe ɖe ame si ƒo dzi ɖe le la ŋu togbɔ be egbe nu le Ŋusẽkatãtɔ vɔvɔ̃ gbɔ hã.


Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.


Nenye nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nue metsɔ le dɔa wɔm la, ekema maxɔ nunana tɔxɛ tso Aƒetɔ la gbɔ gake mele eme alea o, ke boŋ Mawu ŋutɔe tiam tsɔ dɔ xɔasi sia de asi nam eya ta nyemate ŋu agbe o.


Míawo la, míele abe ame siwo tsɔ mawunya la ɖo ŋgonu hele amewo blem, le ga xɔm le wo si la ene o. Esi wònye Mawue dɔ mí ta la, míeƒoa nu kple Kristo ƒe ŋusẽ la, eye Mawu ƒe ŋku le mía ŋu ɖaa.


Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya esia be: Nu sia nu si dzɔ ɖe dzinye le afi sia la, do gbeƒãɖeɖe Kristo ƒe nyanyui la ɖe ŋgɔ boŋ.


le kpekpeɖeŋu gã siwo katã mienam le Kristo ƒe nyanyui la kaka me tso ɣeyiɣi si miesee gbã va se ɖe fifia la ta.


Ele ɖoɖo nu be, nye dzi nanɔ ɖe mia ŋu abe ale si wòle ene, elabena miekpɔ gome le Mawu ƒe yayra me, esi menɔ gaxɔ me kple esi medo, eye menɔ nyanyui la ta ʋlim henɔ gbeƒã ɖem Kristo na amewo.


Ke mienya Timoteo nyuie. Ɖe wòle nam abe vi ene, eye wòwɔa dɔ kplim le nyanyui la gbɔgblɔ me.


Gawu la, abe ale si mi Filipitɔwo mienya ene be esi miese nyanyui la zi gbãtɔ esi tso Makedonia la, hame bubu aɖeke menye nye hadɔwɔlawo le nunana kple nuxɔxɔ me o, negbe miawo ko.


Megale biabiam tso mi, nye hadɔwɔlawo si be miana kpekpeɖeŋu nyɔnu siawo, elabena wowɔ dɔ kplim aduadu le nyanyui la kaka na ame bubuwo me; eye wowɔ dɔ kple Klemens kple nye dɔwɔhati bubu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la hã.


Follow us:

Advertisements


Advertisements