1 Korintotɔwo 12:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191328 Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. Viz kapitolaAgbenya La28 Nu siawoe nye ɖoƒe siwo Mawu ɖo ɖe eƒe hame si nye eƒe ŋutilã me la dometɔ aɖewo. Gbãtɔ, apostolowo; evelia, nyagblɔɖilawo; etɔ̃lia, nufialawo; emegbe nukunuwɔlawo, dɔyɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dɔdzikpɔlawo, ame siwo ƒoa nu kple gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo. Viz kapitola |